Jump to content

Bill Gates

Tso Wikipedia
Aƒetɔ Bill Gates

William Henry Gates III (wodzi le Kele 28, 1955) nye Amerikatɔ asitsala si wonya nyuie be eya kple exɔlɔ̃ Paul Allen le eƒe ɖevime ɖo kɔmpiutadɔwɔƒe si nye Microsoft.[1][2] Le eƒe dɔwɔwɔ le Microsoft me la, Gates nɔ zimenɔla, dɔdzikpɔlagã (CEO), dukplɔla, kple kɔmpiutadziɖoɖowo ƒe xɔtuɖaŋunyalagã ƒe ɖoƒewo, esime wònye eƒe gomenɔla gãtɔ kekeake hã vaseɖe May 2014. Enye kɔmpiuta suewo ƒe tɔtrɔ si dzɔ le 1970 kple 1980 ƒeawo me ƒe mɔɖela.[1]

Wodzi Gates le Seattle, Washington, eye wonyii le afima.[1][3] Le ƒe 1975 me la, eya kple Allen woɖo Microsoft le Albuquerque, New Mexico. Gates xɔ ŋgɔ na dɔwɔƒea abe eƒe zimenɔla kple dɔdzikpɔlagã ene vaseɖe esime wòɖe asi le dɔdzikpɔlagã ƒe ɖoƒe ŋu le January 2000 me, eye Steve Ballmer va xɔ ɖe eteƒe, gake egakpɔtɔ nye dɔdzikpɔha ƒe zimenɔla eye wòva zu kɔmpiutadziɖoɖowo ƒe xɔtuɖaŋunyalagã.[1]

Gates (ɖusime) kple Paul Allen si bɔbɔ nɔ Teletype Model 33 ASR ƒe ʋudzeƒewo le Lakeside Suku, ƒe 1970

Tso ƒe 1987 me la, wotsɔ Gates de Forbes ƒe ŋkɔ siwo nye xexeame ƒe gatɔ gãtɔwo ƒe ŋkɔwo me. Tso ƒe 1995 va ɖo ƒe 2017 me la, exɔ ŋkɔ si nye kesinɔtɔ wu le xexeame ƒe sia ƒe negbe le ƒe 2008 kple tso ƒe 2010 va ɖo ƒe 2013 me ko.[4][5] Tso esime Gates do le gbesiagbedɔwo me le Microsoft le ƒe 2008 me la, ewɔ asitsatsa kple dɔmenyonunana bubuwo.

  1. 1.0 1.1 1.2 1.3 https://www.gatesnotes.com/Bio
  2. https://study.com/academy/lesson/bill-gates-biography-career-profile.html
  3. https://study.com/academy/lesson/bill-gates-biography-career-profile.html
  4. https://www.bbc.com/news/business-26420414
  5. https://www.forbes.com/profile/bill-gates/